Matthew 1

Kristo ƒe dzidzimegbalẽ

(Luka 3:23-38)

1Yesu Kristo enye Abraham kple Fia David ƒe dzidzimevi, eƒe dzidzime lae nye esi.

2Abraham dzi Isak, Isak dzi Yakɔb eye Yakɔb dzi Yuda kple nɔviawo.
3Yuda dzi Perez kple Zera ame siawo dadae nye Temar, Hezrɔn fofoe nye Perez, Hezrɔn hã dzi Ram
4Ram dzi Aminadab, Aminadab dzi Nahesɔn, Nahesɔn dzi Salmo,
5Salmon hã dzi Boaz ame si dadae nye Rahab. Boaz dzi Obed, eye Obed dadae nye Rut, Obed dzi Yese.
6Yese dzi Fia David, David dzi Salomo, Salomo dadae nye Batseba ame si nye Uria srɔ̃ kpɔ,
7Salomo dzi Rehoboam, Rehoboam dzi Abiya, eye Abiya hã dzi Asa,
8Asa dzi Yehosafat, Yehosafat dzi Yoram, Yoram dzi Uzia,
9Uzia dzi Yotam, Yotam dzi Ahaz, Ahaz dzi Hezekia, 10Hezekia dzi Manase, Manase dzi Amɔn, Amɔn dzi Yosia,
11Yosia dzi Yekonia kple nɔviawo. Wodzi ame siawo le esime woɖe aboyo Israel dukɔa yi Babilonia.
12Esi aboyomenɔlawo trɔ gbɔ va aƒe la, Yekonia dzi Sealtiel, Sealtiel dzi Zerubabel,
13Zerubabel hã dzi Abihud, Abihud dzi Eliakim, eye Eliakim dzi Azɔ,
14Azɔ dzi Zadɔk, Zadɔk dzi Akim, Akim dzi Elihud,
15Elihud dzi Eleaza, Eleaza dzi Matan, Matan hã dzi Yakɔb,
16eye Yakɔb dzi Yosef. Yosef sia nye Maria Yesu Kristo dadaa srɔ̃.

17Dzidzimeawo katã, tso Abraham dzi va se ɖe Fia David dzi ƒe xexlẽme le wuiene, eye tso Fia David ŋɔli va se ɖe esi woɖe aboyo Israel la le dzidzime wuiene, nenema ke tso aboyomenɔŋɔli va se ɖe Yesu dzidzi hã le dzidzime wuiene.

Yesu dzidzi

(Luka 2:1-7)

18Yesu ƒe dzidzi va yi ale: Wodo ŋugbe na Yosef be woatsɔ Yesu dadaa Maria nɛ wòaɖe. Ke togbɔ be menya ŋutsu o hã la, Maria fɔ fu xoxo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi.

19Azɔ Yosef ame si wodo eƒe ŋugbe na la nye ame ɖɔʋu aɖe, eya ta eɖoe be yeagbe Maria le bebeme, elabena medi be yeado ŋukpee le dutoƒo o.

20Esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ nɛ be, “Yosef, David vi, mẽgahe ɖe megbe le srɔ̃wo Maria ŋu o, kplɔe wòava nɔ gbɔwò. Elabena vi si le dɔme nɛ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso. 21Adzi ŋutsuvi eye nàna ŋkɔe be Yesu, esi gɔmee nye ‘Ɖela’, elabena eyae aɖe eƒe dukɔmeviwo tso woƒe nu vɔ̃wo me.”

22Esiawo katã ava eme be woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi nu bena, 23“Miɖo to miase nya sia, ɖetugbi dzadzɛ la afɔ fu adzi ŋutsuvi. Woana ŋkɔe be, ‘Imanuel’” si gɔmee nye, “Mawu li kpli mí.”

24Esi Yosef nyɔ la, ewɔ ɖe mawudɔla la ƒe gbe dzi, eye wòyi ɖakplɔ Maria va eƒe aƒe mee abe srɔ̃a ene. 25Ke Yosef mede asi eŋu o va se ɖe esime wòdzi via ŋutsuvi la eye wòna ŋkɔe be “Yesu.”

Copyright information for EweBEE